John 19:17-27

Woklã Yesu ɖe ati ŋu

(Mateo 27:32-44; Marko 15:21-32; Luka 23:26-43)

17Woƒe asi su Yesu dzi mlɔeba. Wotsɔ eƒe atitsoga da ɖe abɔta nɛ be wòatsɔ eye wokplɔe do go le dua me tu ta “Ametakoloeƒe”, si woyɔna be “Golgata” le Hebrigbe me. 18Afi siae woklã Yesu ɖe ati ŋu le eye woklã adzodala eve hã ɖe eƒe axawo kple eve dzi. 19Pilato ŋlɔ klã ɖe Yesu ƒe atitsoga la tame be, “YESU NAZARETITƆ, YUDATƆWO ƑE FIA.” 20Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o eye woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Latingbe kple Helagbe me bena ame sia ame nate ŋu axlẽe.

21Osɔfogãwo va gblɔ na Pilato be, mele be woaŋlɔ ɖe atitsoga la ƒe tame be “Yudatɔwo ƒe Fia” o, ke boŋ neŋlɔe be, “Ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe Fia.”

22Pilato ɖo eŋu na wo be, “Nu si meŋlɔ la, meŋlɔe xoxo. Nenɔ nenema.”

23Esi asrafoawo klã Yesu ɖe atia ŋu la woma eƒe awuwo ɖe akpa ene me, eye woxɔe ɖekaɖekae, ke awutewui la ya la womemae o. Awu sia nye awuʋlaya si wometɔ o, ke boŋ ɖe wolɔ̃e bliboe tso dzi va anyi. 24Eya ta wogblɔ na wo nɔewo be “Menyo be miavuvui o, ke boŋ mina miada akɔ eye ame si ɖu dzi la naxɔe”. Esia va eme be wòawu ŋɔŋlɔ la nu be, “Woma nye awuwo na wo nɔewo, eye woda akɔ ɖe nye awuʋlaya dzi.” Aleae asrafoawo wɔ.

25Nyɔnu aɖewo va tsi tre ɖe atitsoga la gbɔ ɣemaɣi. Woawoe nye Yesu dada, dada nɔvi si woyɔna be Maria, ame si nye Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala. 26Esi Yesu kpɔ dadaa wònɔ tsitre ɖe eƒe nusrɔ̃la si wòlɔ̃na vevie xa la, egblɔ nɛ be, “Nyɔnu, kpɔ ɖa, viwòe nye esi.”

27Eye wògblɔ na nusrɔ̃la la hã be, “Kpɔ ɖa, dawòe nye esia!” Eye tso ɣemaɣi dzi la nusrɔ̃la la kplɔ Maria yi eƒemee.

Copyright information for EweBEE